Hebrews 1

Vi la kɔ wu mawudɔlawo

1Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to nyagblɔɖilawo dzi. 2Ke le ŋkeke mlɔetɔ siawo me la eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye domenyila la dzi, ame si dzi hã woto wɔ xexeame. 3Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo. 4Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãe ene.

5Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be,

“Wòe nye vinye; egbe mezu fofowò?”
Alo wògagblɔ na ɖe be,

“Manye fofoa eye eya hã anye vinye?”
6Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexeame la, egblɔ be,

“Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”
7Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be,

“Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene eye eƒe subɔlawo abe dzoƒeaɖewo ene.”
8Ke egblɔ le via ya ŋuti be,

“O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti.
9Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye eye nèlé fu ŋutasesẽ eya ta Mawu, wò Mawu la, tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami vevẽe la si na wò.”
10Egagblɔ be,

“O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexeame ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dzifowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.
11Woatsrɔ̃ gake wòla anɔ anyi, wo katã woanyunyɔ abe awu ene.
12Àŋlɔ wo abe awuʋlaya ene eye àɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene, ke wò ya la, ànɔ nanema, màtrɔ o, eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.”
13Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be,

“Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò?”
14Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.

Copyright information for EweBEE